Yesu da gbe le Gadaratɔ gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ eve aɖewo ŋu
28 Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la, ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Adã nɔa mo na wo, ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o. 29 Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, "Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?"
30 Le ɣe ma ɣi me la, aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo. 31 Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, "Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me."
32 Yesu gblɔ na wo be, "Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!" Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me ɖage ɖe haawo me; enumake haawo katã ƒu du sesĩe ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo, eye wono tsi ku. 33 Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me, eye wogblɔ nu si dzɔ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃ do go le la ƒe nyawo na dua me tɔwo. 34 Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe anyigba dzi.