Publicidade

Mateus 9

Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu

1 Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me, eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo dedu me. 2 Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, "Vinye, dzi nedze eme, elabena wotsɔ nu ̃wo ke ."

3 Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, "Nu ka! Ame sia gblɔ busunya."

4 Yesu nya nu si woƒe susu me, eya ta ebia wo be, "Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? 5 Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, Wotsɔ nu ̃wo ke alo woagblɔ be, Tso nàzɔ azɔli?’ " 6 Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ be, "Tsi tsitre nàŋlɔ aba ne nàzɔ ayi aƒe me!" 7 Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me. 8 Nyateƒe, vɔvɔ̃ aɖe dze ameha blibo la dzi, elabena Yesu nukunu sia le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume wokpɔ, eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ!

Mateo yɔyɔ

9 Esi Yesu tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu yɔe gblɔ be, "Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la." Mateo tso enumake, eye wòdze Yesu yome.

10 Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu ̃ wɔla bubuwo ame kpekpeawo dome. 11 Farisitɔwo kpɔ esia, ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be, "Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple dugadzɔlawo kple nu ̃ wɔlawo, eye woɖua nu kple wo ɖo?"

12 Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, "Ame siwo mele lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le lém lae hiãe. 13 Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu ̃ wɔlawo."

Wobia nya Yesu le nutsitsidɔ ŋuti

14 Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, "Nu ka ta nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si kple Farisitɔwo míewɔna ene o ɖo?"

15 Yesu bia wo be, "Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.

16 "Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu. 17 Nenema ke womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie."

Yairo ƒe vinyɔnuvi kple nyɔnu si le ʋusisidɔ lém

18 Esime Yesu nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu . Egblɔ na Yesu be, "Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko."

19 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze ɖo ta amegã la ƒe aƒe me enumake. 20 Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to, 21 elabena egblɔ le eɖokui me be, "Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la, nye lãme asẽ."

22 Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ be, "Vinyɔnuvi, dzi nedze eme! xɔse la da gbe le ŋuwò." Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa keŋ.

23 Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo dzim. 24 Yesu gblɔ be, "Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle." Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo koe.

25 Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ. 26 Nukunu sia kaka ɖe nuto blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.

Yesu da gbe le ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu

27 Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, "O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na ."

28 Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, "Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?"

Woɖo eŋu be, "Ɛ̃, Aƒetɔ."

29 Ale Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be, "Ava eme na mi abe ale si miexɔe se ene."

30 Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o. 31 Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o; esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le nuto blibo la me.

Gbedada le aɖetututɔ aɖe ŋu

32 Esi Yesu dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ ̃ , eye metea ŋu ƒoa nu o la . 33 Yesu nya gbɔgbɔ ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.

34 Ke Farisitɔwo ya gblɔ be, "Nu si ta wòtea ŋu nyaa gbɔgbɔ ̃woe ɖo lae nye be, gbɔgbɔ ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me."

Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ na ame

35 Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la kpe ɖo. Enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la , eye afi sia afi si wòyi la, edaa gbe le ƒomevi vovovo lélawo ŋu. 36 Ameawo ƒe nu nublanui ŋutɔ, elabena nu geɖewo fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.

37 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, "Nuŋeŋe la gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o. 38 Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-