Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 9

2 Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, "Vinye, dzi nedze eme, elabena wotsɔ nu ̃wo ke ."

3 Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, "Nu ka! Ame sia gblɔ busunya."

4 Yesu nya nu si woƒe susu me, eya ta ebia wo be, "Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? 5 Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, Wotsɔ nu ̃wo ke alo woagblɔ be, Tso nàzɔ azɔli?’ " 6 Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ be, "Tsi tsitre nàŋlɔ aba ne nàzɔ ayi aƒe me!" 7 Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me.

Veja também