17 Megblɔ na wo azɔ be, "Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!"
18 Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, "Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!" Ale míedze dɔ nyui sia gɔme.