Tsitretsitsi ɖe gli la gbugbɔɖo ŋuti
1 Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la nɔ ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu mí, ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu 2 le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, "Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!"
3 Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, "Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!"