Publicidade

Neemias 4

Tsitretsitsi ɖe gli la gbugbɔɖo ŋuti

1 Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu , ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu 2 le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, "Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu wɔm ɖa!"

3 Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya gblɔ fewuɖutɔe be, "Ne abei aɖe ̃ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!"

4 Ale medo gbe ɖa na Mawu be, "Oo, Aƒetɔ mía Mawu, ɖo to , elabena wole fewu ɖum le mía ŋu. Na woƒe fewuɖuɖu natrɔ adze woawo ŋutɔ ƒe ta dzi, eye woaɖe aboyo wo ayi dzronyigba aɖe dzi. 5 Mègaŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi o, eye mègatutu woƒe nu ̃wo ɖa le ŋkuwò me o, elabena wodo vlo , to vlododo , ame siwo le gli la ɖom la me."

6 Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo sesĩe kple moveviɖoɖo.

7 Ke esi Sanbalat kple Tobia kple Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kple Asdodtɔwo se be dɔa le edzi yim nyuie, eye wogbugbɔ gli la ƒe gbagbãƒewo le ɖoɖom la, wodo dɔmedzoe vevie. 8 Woɖo be yewoatsɔ aʋakɔ aɖe aho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye yewoahe ʋunyaʋunya kple tɔtɔ . 9 Ke míedo gbe ɖa na míaƒe Mawu, eye míedzɔ dua ŋu kple keli be míanɔ dedie.

10 Ame siwo Yuda gblɔ be, "Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o." 11 Gawu la, míaƒe futɔwo ta me ɖom be yewoadze mía dzi, awu ale be míaƒe la wɔwɔ natɔ. 12 Tete Yudatɔ siwo wo dome la va gblɔ na zi ewo be, "Woatso teƒe vovovowo ava dze mía dzi." 13 Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli ɖo o.

14 Mebu nu si le edzi yim la ŋuti nyuie, eye metsi tsitre gblɔ na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, "Migavɔ̃ na wo o. Miɖo ŋku Aƒetɔ si sẽ ŋu, eye ŋɔdzi le eŋuti la dzi ne miawɔ aʋa ɖe mia nɔviŋutsuwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta."

15 Esi míaƒe futɔwo se be míenya nu tso yewoƒe ɖoɖowo ŋu, eye be Mawu ɖe yewoƒe ɖoɖowo fia , eye wògblẽ wo me la, katã míetrɔ va yi gli la ɖoɖo dzi. 16 Tso gbe ma gbe dzi la, dɔwɔlawo ƒe afã koe wɔa la, eye afã mamlɛa léa akplɔwo, akpoxɔnuwo, aŋutrɔwo kple lãnu bubuwo ɖe asi henɔa Yudatɔ, 17 siwo le gli la ɖom la megbe. Ame siwo lɔm la wɔa kple asi ɖeka, eye woléa aʋawɔnu ɖe asi evelia. 18 Ke ame siwo gli la ɖom ya ta yi ɖe ali hafi la wɔm. Ke kpẽkula ya nye axadzi.

19 Meɖe eme na bubumeawo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, "la keke ta, míema ɖe eŋuti ale mía dome didi tso mía nɔewo gbɔ le gli la ŋuti, 20 eya ta ne mienya se kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, miƒu du va mía gbɔ afii. Míaƒe Mawu la awɔ aʋa na !"

21 Ale míeyi la wɔwɔ dzi; ŋutsu afã akplɔwo ɖe asi tso agudzeɣi va se ɖe esime ɣletiviwo nato. 22 Megblɔ na ame siwo katã le gli la godo be woava Yerusalem du la me ale be woƒe subɔlawo nate ŋu adzɔ du la ŋu le me, eye woawɔ le ŋkeke me. 23 Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe ̃ .

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-