Publicidade

Oséias 10

1 Kpɔ ale si kesinɔnuwo Israel ɖa!

Israel le abe wainka si vu,

eye wòtse ku kplanya la ene.

Ale si ke wòtse ku geɖewoe la,

nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe.

Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la,

zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.

2 Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ.

Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo.

Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo,

eye wòagbã woƒe legbawo.

3 Ekema woagblɔ be, "Fia aɖeke megale mía si o,

elabena míede bubu Yehowa ŋu o.

Ke ne fia le mía si la,

nu ka wòawɔ na ?"

4 Wokaa atam dzodzrowo tsɔ ɖoa kpe nubabla dzii,

eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ anye ɖe wo ŋuti

abe ale si aɖigbe miena ɖe agble me ene.

5 Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo

le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta.

Esubɔlawo le nu xam le eta,

eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi

eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.

6 Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la,

woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb,

abe nunana ene.

Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta.

7 Woakplɔ Samaria kple eƒe fia adzoe

abe ale si ƒutsotsoe kplɔa futukpɔ dzonae ene.

8 Woagbã ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven,

eyae nye Israel ƒe nu ̃.

Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi.

Woagblɔ na towo be,

"Mitsyɔ mía dzi," eye woagblɔ

na togbɛwo be,

"Mimu dze mía dzi."

9 "O Israel, èwɔ nu ̃ tso Gibea ŋɔli ke,

eye nègale ewɔwɔ dzi.

Ɖe Gibea ƒe nu ̃ wɔwɔ mena

woɖu wo dzi le aʋa me oa?

10 Matso ɖe mia ŋuti le miaƒe tosesẽ ta;

ɖe miaƒe nu ̃ siwo do agba ɖe mia dzi ta la,

madɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo

ɖe mia ŋuti be woahe to na mi,

le miaƒe nu ̃ eve siwo dzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la ta.

11 Efraim léa be na nyiviwo nyuie,

eye blinyɔnyɔ dzɔa dzi ;

azɔ la matsɔ kɔkuti

ade eƒe nyuie la,

eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu,

Yuda aŋlɔ agble,

eye Yakob adzobo anyigba

12 Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃;

miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene,

elabena azɔe nye Yehowa diɣi,

be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi.

13 Ke miede nu ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble,

miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ,

mieɖu alakpakutsetse;

elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe ŋusẽ

kple aʋakɔ la ŋu.

14 Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé dukɔ,

eye woagbã sesẽwo katã,

abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene;

le nyadzɔdzɔ ma me la,

wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku.

15 Esia anye ale si woawɔ , O Betel,

elabena nu ̃ɖiwo gbɔ.

Le ŋdi kanya gbe ɖeka la,

woaɖe Israel fia ƒe agbe ɖa.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-