Pular para o conteúdo
Publicidade

Hosea 6

Israel gbe dzimetɔtrɔ

1 "Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ,

elabena eyae vuvu ,

eya koe ate ŋu ayɔ mi.

Eyae de abi mía ŋuti,

eye eyae abla abi la na .

2 Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe ,

le ŋkeke etɔ̃a gbe la,

aɖo te, eye míanɔ agbe le eŋkume!

3 Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu.

Mina míadze agbagba be míanyae,

eye abe ale si ɣedzedze

kple kelemetsi medana le edzi o ene la,

nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na o."

4 "O, Efraim, nu ka mawɔ na ,

O, Yuda, nu ka mawɔ kpli ?

5 Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe,

eye metsɔ nye numenyawo wu mii;

nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene,

6 elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele,

menye vɔsa o,

eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo,

7 gake abe Adam ene la,

mietu nye nubabla la,

eye miewɔ nuteƒe o.

8 Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du,

eye ʋu si woƒe afɔwo ƒo la ɖe ɖe woƒe ablɔwo dzi.

9 Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ,

eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi.

Nunɔlawo ƒe hawo de xa ɖe Sekem dzi

le amewo wum,

eye wole nu ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm.

10 Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel.

Efraim ahasi to mawu bubuwo yometiti me,

eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me.

11 "O, Yuda,

woɖo nuŋeɣi ɖi na .

"Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te,

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também