Pular para o conteúdo
Publicidade

Oséias 4

Wotsɔ nya ɖe Israel ŋu

1 O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo.

Yehowa saba mi, eye nya siwo

wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo:

Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu

megale anyigba blibo la dzi o.

2 Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame,

fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu.

Ʋunyaʋunya kple amewuwu ɖe afi sia afi.

3 Esiawo tae miaƒe anyigba

megale nuku wɔm o ɖo,

anyigba la dzi fũu kple nuxaxa,

nu gbagbe ɖe sia ɖe le lém, eye ɖewo le kukum;

lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo ̃ le tsɔtsrɔ̃m.

4 "Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu

alo aka mo o,

elabena dukɔ la le abe

ame siwo le dzre wɔm

kple nunɔlawo ene.

5 Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo

miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple siaa,

eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu.

6 Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi,

nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la,

nye megbe be miaganye nye nunɔlawo o,

eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la,

nye maŋlɔ mia viwo be.

7 Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la,

zi nenema kee wole nu ̃ wɔm ɖe ŋutinye,

eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo.

8 Nunɔlawo kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu ̃ ŋu,

eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene,

9 eya ta ale wòle:

Nunɔlawo kple ameawo katã ,

elabena nunɔlaawo ̃ɖi, eye ameawo ̃ɖi.

Esia ta, mahe to na nunɔlaawo

kple ameawo siaa le woƒe nu ̃ɖiwo ta.

10 "Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o.

Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o,

elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ,

11 eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain,

kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo.

12 Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la

be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo.

Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo.

Ale voduwo yometiti vivivo wo movitɔwoe,

elabena wowɔ ahasi,

gbe nu le woƒe Mawu gbɔ

hedze mawu bubuwo yome.

13 Wosaa le towo tame,

eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi,

le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te.

Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le,

eye toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le.

14 "Nu ka ta nyemahe to na wo

ne wole ahasi wɔm o?

Elabena ŋutsuwo ŋutɔ dɔna kple gbolowo,

eye wosaa kple gbolowo.

Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃.

15 "Togbɔ be Israel le gbolo wɔm la,

esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ.

"Mègayi Gilgal o,

eye mègayi Bet Aven o.

Mègaka atam agblɔ be, Meta Yehowa ƒe agbeo.

16 Mèganɔ abe Israel ene o,

wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu,

ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe

damawo dzi abe alẽvi enea?

17 Mègate ɖe Efraim ŋu kura o,

elabena edo ka kple legbawo.

18 Ne Israel ŋutsuwo no aha tsu la,

ekema woyia gbolowo gbɔ.

Woƒe kplɔlawo ̃a ŋukpenanuwo wɔwɔ,

19 eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe,

eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe na wo.

Veja também