Publicidade

Provérbios 15

1 Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu,

ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.

2 Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana,

gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ.

3 Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi

eye eƒe ŋkuwo le ame ̃ɖiwo

kple ame nyuiwo siaa ŋu.

4 Aɖe si hea dɔyɔyɔ la nye agbeti,

ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.

5 Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe,

ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae.

6 Kesinɔnu aɖe nɔa aƒe me na nunyala,

ke ame ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e na wo.

7 Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze,

ke mele alea le bometsilawo ƒe dzi me o.

8 Yehowa léa fu ame ̃ɖiwo ƒe vɔsa,

ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.

9 Yehowa léa fu ame ̃ɖiwo ƒe ,

ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe .

10 Tohehe sesẽ le ame si tra le dzi la lalam

eye ame si fu ɖɔɖɔɖo la aku.

11 Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume,

kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi!

12 Fewuɖula tsri nyagbename

eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o.

13 Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna,

gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.

14 Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesese

gake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu.

15 Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye ̃

gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii.

16 Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wu

kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le.

17 Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu

nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo.

18 Dɔmedzoetɔ hea mama ,

ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu.

19 Ŋuwo le kuviatɔ ƒe dzi,

ke dzɔdzɔetɔ ƒe nye mɔtata.

20 Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ na fofoa,

ke bometsila doa vlo dadaa.

21 Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu,

ke nugɔmesela léa ɖeka tsɔna.

22 Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o,

ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze.

23 Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame

eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o?

24 Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi,

be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o.

25 Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi,

ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ.

26 Yehowa léa fu ame ̃ɖiwo ƒe tameɖoɖo,

ke ame siwo dza la ya doa dzidzɔ .

27 Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi,

ke ame si fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe.

28 Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ,

ke nu ̃ɖi doa go tso ame ̃ɖiwo ƒe nu me bababa.

29 Yehowa le adzɔge na ame ̃ɖiwo,

ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.

30 Mo si la doa dzidzɔ na dzi,

eye nya nyui dea agbe ƒuwo me.

31 Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe la,

ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome.

32 Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui,

ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi.

33 Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame

eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-