Agbe nyui nɔnɔ si doa go tso nunya me ƒe viɖe
1 Vinye, ne èxɔ nye nyawo
eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,
2 ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu
hetsɔ wò dzi na gɔmesese,
3 ne èyɔ sidzedze
eye nèdo ɣli na gɔmesese,
4 ne èdii abe klosalo
alo kesinɔnu si woɣla ene la,
5 ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme
eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu
6 elabena Yehowae naa nunya,
eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.