Publicidade

Provérbios 2

Agbe nyui nɔnɔ si doa go tso nunya me ƒe viɖe

1 Vinye, ne èxɔ nye nyawo

eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,

2 ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu

hetsɔ dzi na gɔmesese,

3 ne èyɔ sidzedze

eye nèdo ɣli na gɔmesese,

4 ne èdii abe klosalo

alo kesinɔnu si woɣla ene la,

5 ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme

eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu

6 elabena Yehowae naa nunya,

eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.

7 Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo

eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,

8 elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu

eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta.

9 Ekema àse nu si nyo,

le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme,

ɛ̃, àse nyui ɖe sia ɖe gɔme,

10 elabena nunya age ɖe dzi me,

eye sidzedze ado dzidzɔ na luʋɔ.

11 Tamebubu nyui akpɔ tawò,

eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.

12 Nunya aɖe tso ame ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi,

tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me,

13 ame siwo gblea dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna

le doblukɔwo dzi,

14 ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na,

eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe ̃ɖinyenye ŋu,

15 ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃

eye wotrana le woƒe mɔwo dzi.

16 Nunya aɖe le nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me

kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me

17 ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi

eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii

le Mawu ŋkume la dzi o

18 elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me

eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ.

19 Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo

alo gena ɖe agbemɔ la dzi o.

20 Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi

eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi.

21 Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi

eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi

22 gake woatsrɔ̃ ame ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi

eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-