Publicidade

Provérbios 20

1 Wain nye fewuɖula eye aha muame nye avuwɔla,

ame si wokplɔ trae la menya nu o.

2 Fia ƒe dziku doa vɔvɔ̃ abe dzata ƒe gbetete ene

ame si do dziku la bua eƒe agbe.

3 Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre

gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba.

4 Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o,

eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe.

5 Ŋutsu ƒe tameɖoɖowo nye goglo,

gake ame si si nugɔmesese su la akui wòavɔ.

6 Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si

gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla?

7 Ame dzɔdzɔe nɔa agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o;

yayra anɔ viawo dzi emegbe ̃ .

8 Ne fia anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi be yeadrɔ̃ ʋɔnu la,

eɖe ̃wo katã ɖa kple eƒe ŋkuwo.

9 Ame ka ate ŋu agblɔ bena,

"Mewɔ nye dzi dzadzɛe,

ŋutinye eye ̃ mele ŋutinye o?"

10 Yehowa fu nudakpe vovovo eve

kple nudzidzenu vovovo eve siaa.

11 Wonyaa ɖevi ̃ to eƒe nuwɔna me,

ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe.

12 Yehowa to si sea nu

kple ŋku si kpɔa nu la siaa.

13 Mègalɔ̃ alɔ̃ tsu dɔdɔ o, ne menye nenema o la,

àva zu hiãtɔ, ŋu ekema àɖu nu wòasusɔ.

14 Nuƒlela gblɔna be,

"Menyo o, menyo o,"

emegbe la, eyina ɖanɔa adegbe ƒom be yeƒle nu ɖiɖi.

15 Sika li, adzagba li fũu

gake nuyi siwo gblɔa nunyanya la, kpe xɔasi veviwo wonye.

16 avɔ le ame si da megbe na amedzro la si,

tsɔe ɖo awɔbae ne eda megbe na nyɔnu gbolowɔla.

17 Nuɖuɖu si wokpɔ to amefuflu me la vivina na ŋutsu,

gake le nuwuwu la, eƒe nu me yɔna kple kpekui sɔŋ.

18 ɖoɖo to aɖaŋuxɔxɔ me,

ne èle aʋa wɔm la, bia mɔfiame.

19 Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla

eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola.

20 Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la,

woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me.

21 Domenyinu si wokpɔ to kpui dzi le gɔmedzedzea me la,

yayra manɔ edzi le nuwuwua o.

22 Mègagblɔ be,

"Maɖo ̃ si nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na " o!

Kpɔ Yehowa ƒe asinu ekema aɖe .

23 Yehowa fu nudakpe ƒomevi vovovowo

eye nudanu amebatɔ menyoa Yehowa ŋu o.

24 Yehowa fiaa afɔɖeɖe ame,

ke aleke ame aɖe awɔ ase eya ŋutɔ ƒe mɔwo gɔme?

25 wònye na ame ne ekɔ nane ŋu tamemabumabutɔe

eye emegbe hafi wòva bu adzɔgbe si wòɖe la ŋuti.

26 Fia nyanu gbɔa ame ̃ɖiwo

eye wòzɔa wo dzi kple luƒotasiaɖam.

27 Yehowa ƒe akaɖi kpɔa ame ƒe gbɔgbɔ me

eye wòdzroa eƒe ememe ke kpɔ.

28 Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nana fia nɔa dedinɔnɔ me

eye to lɔlɔ̃ me eƒe fiazikpui lia ke.

29 Ɖekakpuiwo ƒe ŋusẽe nye woƒe ŋutikɔkɔe

eye ta ƒowɔ nye ame tsitsiwo ƒe atsyɔ̃.

30 kple abixɔxɔ ɖea ̃ ɖa

eye ƒoƒo klɔa ame ƒe ememe ke.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-