Publicidade

Provérbios 22

1 Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo

eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.

2 Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu:

Yehowae nye wo katã Wɔla.

3 Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui

gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu.

4 Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu,

bubu kple agbe .

5 Ŋu kple mɔkawo le ame ̃ɖi la ƒe dzi,

ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ.

6 He ɖevi ɖe si wòato la dzi eye ne etsi la,

mate ɖa le edzi o.

7 Kesinɔtɔwo ɖua ɖe ame dahewo dzi

eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la .

8 Ame si ƒã ̃ɖivɔ̃ɖi la axa dzɔgbevɔ̃e,

eye woatsrɔ eƒe dɔmedzoe ƒe ameƒoti.

9 Woayra ame si nyoa me na amewo

elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo.

10 Nya fewuɖula la do goe eye dzre ado go,

nenema ke nyahehe kple dzudzu awu nu.

11 Ame si ̃ dzi dzadzɛ kple nuƒoƒo si me nya dzetowo le la,

eyae fia la adze ̃e.

12 Yehowa ƒe ŋkuwo le nugɔmesese ŋu,

ke etrɔa gbo nuteƒemawɔlawo ƒe nyawo.

13 Kuviatɔ gblɔna be,

"Dzata le gota!" alo "Woava wum le ablɔ dzi!"

14 Nyɔnu ahasitɔ ƒe nu la, ʋe globo wònye

eye ame si dzi Yehowa ƒe dziku le la eyae age adze eme.

15 Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu,

ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ.

16 Ame si tea ame dahewo ɖe anyi be

yeadzi yeƒe kesinɔnuwo ɖe edzi

kple ame si naa nu kesinɔtɔ la siaa age ɖe hiã me.

Nya gbãtɔ

17 Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo,

na dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti,

18 elabena edoa dzidzɔ na ame ne èɣla wo ɖe dzi me,

eye wo katã nanɔ klalo le nuyiwo dzi.

19 Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

esia ta mele nu fiam ɖo egbea,

ɛ̃, wòe mele nu fiam.

20 Ɖe nyemeŋlɔ nufiamenya blaetɔ̃ na ,

aɖaŋuɖonyawo kple nugɔmesenyawo

21 be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo

be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu

na ame si la oa?

Nya evelia

22 Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta o

eye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o,

23 elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu

eye wòaha ame si ha wo.

Nya etɔ̃lia

24 Mègadze ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ o

eye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o,

25 ne menye nenema o la, àva srɔ̃ eƒe mɔwo

eye nàtsɔ ɖokuiwò ade me.

Nya enelia

26 Mèganye ame si ƒua asi akɔ ɖe fenyila nu

alo dea megbe na ame si do nugbana la o;

27 eye ne mèkpɔ ga axe fea o la,

woaɖe aba si dzi nèmlɔna la ̃ le tewò.

Nya atɔ̃lia

28 Mègaɖe blemaliƒokpe

si fofowòwo ɖi la ɖa o.

Nya adelia

29 Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe me la le wɔma?

Asubɔ le fiawo ŋgɔ

eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-