Publicidade

Provérbios 28

1 Ame ̃ɖi la léa du tsɔna,

evɔ ame aɖeke menyae ɖe du nu o,

ke dzi le ame dzɔdzɔe ƒo abe dzata ene.

2 Dziɖulawo gbɔ ɖe dukɔ si me aglãdzedze le,

ke ŋutsu si si gɔmesese kple sidzedze le la hea ɖoɖodziwɔwɔ .

3 Dziɖula si tea hiãtɔwo ɖe anyi la le abe tsidzadza si ɖe anyigba

eye megblẽ nuɖuɖu aɖeke ɖi o la ene.

4 Ame siwo gbe nu le sea gbɔ la kafua ame ̃ɖiwo

ke sedziwɔlawo tsia tsitre ɖe wo ŋu.

5 Ame ̃ɖiwo mesea afiatsotso nyui gɔme o

gake ame siwo dia Yehowa ya sea egɔme nyuie.

6 Enyo be nànye hiãtɔ si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,

wu nànye kesinɔtɔ si ƒe mɔwo to vo.

7 Ame si léa sea me ɖe asi la nye vi nyanu

gake ame si dea ha kple nutsuɖulawo la doa ŋukpe fofoa.

8 Ame si dzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi to demegaxɔxɔ me la,

le lim nuwo na ame bubu si anyo me na ame dahewo.

9 Ne ame aɖe doa toku sea la,

eƒe gbedodoɖawo ̃ zua ŋunyɔnu.

10 Ame si kplɔ nu dzɔdzɔe wɔla to ̃ dzi la,

age ɖe eya ŋutɔ ƒe me.

Ke ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la,

axɔ domenyinu nyui.

11 Kesinɔtɔ nye nunyala le eya ŋutɔ gbɔ

gake hiãtɔ si si sidzedze le la kpɔa egɔme.

12 Ne ame dzɔdzɔe ɖu dzi la,

dzidzɔkpɔkpɔ teƒe mekɔna o,

ke ne ame ̃ɖi zu fia la,

amewo sina bena.

13 Nu medzea edzi na ame si ɣla eƒe nu ̃ o,

ke wokpɔa nublanui na ame si ʋu eƒe nu ̃wo me

eye wògbe nu le wo gbɔ.

14 Woayra ŋutsu si ̃a Yehowa ɣe sia ɣi,

ke ame si sẽa eƒe dzi me la gena ɖe xaxa me.

15 Ŋutasẽla si le ame dahewo dzi ɖum la

le abe dzata si le gbe tem alo sisiblisi si le ade tam ene.

16 Dziɖula tamesesẽtɔ menyaa nu o,

ke ame si fu kesinɔnu ƒoɖi la anɔ agbe didi, ase vivi.

17 Hlɔ̃dola si hlɔ̃dodo la zu agba na la anye tsatsala va se ɖe eƒe kugbe;

ame aɖeke megakpe ɖe eŋu o.

18 Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la anɔ dedie,

ke ame si ƒe mɔwo to vo la adze anyi kpata.

19 Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe,

ke ame si ƒe susu le nu manyatalenuwo

yome la, ahedada axɔ aƒe .

20 Woayra ŋutsu nuteƒewɔla fũu,

ke womagbe tohehe na ame si tsi dzi ɖe

kesinɔnuwo kpɔkpɔ ŋuti o.

21 Amedzidede menyo o

gake ame ayi aɖawɔ ̃ ɖe abolo kakɛ ta.

22 Ŋutsu nuvela tsi dzi ɖe hotsuikpɔkpɔ ŋu,

evɔ mehenya be ahedada le ye lalam o.

23 Ame si ka mo na ŋutsu la,

axɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi wu

ame si alakpaɖe le nume na.

24 Ame si da adzo fofoa alo dadaa hegblɔ be,

"Medze ̃ o" la, nye kpeɖeŋutɔ na nugblẽla.

25 Ŋutsu ŋubiala hea mama

ke ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, nu adze edzi .

26 Ame si ɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu la, bometsilae,

ke ame si zɔna le nunya me la anɔ dedie.

27 Ame si naa nu hiãtɔ la,

naneke mahiãe o,

ke ame si miaa ŋku ɖe woƒe hiahiãwo dzi la,

axɔ fiƒode geɖe.

28 Ne tamesesẽtɔ zu dziɖula la,

amewo sina bena, ke ne ame ̃ɖiwo tsrɔ̃ la,

ame dzɔdzɔewo tsina.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-