25 Edo ŋusẽ kple bubu abe awu ene
eye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna.
26 Eƒoa nu kple nunya
eye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi.
27 Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie
eye meɖua kuviabolo o.
28 Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ,
nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be,
29 " ‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu,
gake wò la, èƒo wo katã ta.’
30 Nyonyo la, beblee,
eye tugbedzedze nu hã va yina kaba;
gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa.