Pular para o conteúdo
Publicidade

Provérbios 4

Nunya ƒo nuwo katã ta

1 Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame;

miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.

2 Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam

eya ta migagbe nye nufiafia o.

3 Esi menye ɖevi sue kple vi ̃ le fofonye ƒe aƒe me

kple vi ɖekɛ na danye la,

4 efia num hegblɔ be,

"Ku ɖe nye nyawo ŋu kple dzi katã,

nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe.

5 Dze nunya, di gɔmesese,

mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o.

6 Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò,

̃e ekema akpɔ tawò.

Veja também