Publicidade

Provérbios 4

Nunya ƒo nuwo katã ta

1 Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame;

miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.

2 Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam

eya ta migagbe nye nufiafia o.

3 Esi menye ɖevi sue kple vi ̃ le fofonye ƒe aƒe me

kple vi ɖekɛ na danye la,

4 efia num hegblɔ be,

"Ku ɖe nye nyawo ŋu kple dzi katã,

nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe.

5 Dze nunya, di gɔmesese,

mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o.

6 Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò,

̃e ekema akpɔ tawò.

7 Nunya ƒo nuwo katã ta

eya ta dze nunya.

Togbɔ be nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee la,

di gɔmesese.

8 De asixɔxɔ eŋu ekema ado ɖe dzi,

xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò.

9 Atsɔ amenuveve aɖɔ na ta abe seƒoƒotsihe ene

eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na ."

10 Ɖo to afii, vinye,

ne nàxɔ nye nyawo, ekema agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.

11 Mele nunya ƒe fiam

eye mekplɔ to toƒe dzɔdzɔewo.

12 Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe na

afɔɖeɖewo o eye ne èsi du la, màkli nu o.

13 nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o;

dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na .

14 Mègaka afɔ ame ̃ɖiwo ƒe toƒewo

alo nàzɔ ame ̃ɖiwo ƒe dzi o.

15 Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o,

tsɔ nàyi afi si yim nèle

16 elabena ne womewɔ nu ̃ɖi o kpaa,

womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti o

va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi.

17 Woɖua ̃ɖinyenye ƒe abolo

eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain.

18 Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene,

eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie.

19 Ke ame ̃ɖiwo ƒe le abe viviti tsiɖitsiɖi ene

eye womenya nu si na wole nu klim o.

20 Vinye, to ɖe nye nyawo ŋu

eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu.

21 Mègana woadzo le ŋkume o,

ke boŋ dzra wo ɖo ɖe dzi me,

22 elabena wonye agbe na ame siwo

ke ɖe wo ŋu kple dɔyɔyɔ na ame ƒe ŋutilã blibo la.

23 Dzɔ dzi ŋu wu nuwo katã,

elabena eyae nye agbe ƒe vudo.

24 Ɖe nya dzodzrowo ɖa le nu me,

eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso nuyiwo gbɔ.

25 ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe

eye mo nelé ɖeka tsɔ le ŋgɔwò.

26 Ɖe toƒe sɔsɔewo na afɔwo

eye nàlé siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ.

27 Mègadze ɖe ɖusime alo miame o,

eye ɖe afɔ ɖa le ̃ me.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-