Publicidade

Lucas 6

Nusrɔ̃lawo ŋe bli le Sabat dzi

1 Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo to bligble aɖewo me va yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo, klẽ tsro le wo ŋu henɔ ɖuɖum.

2 Farisitɔ aɖewo afi ma kpɔ wo, eye wogblɔ na Yesu be, "Nu ka ta miewɔ nu si mele se nu be woawɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o mahã?"

3 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Alo miexlẽ nu tso nu si David esi wu eya kple eŋutimewo ŋu oa? 4 Eyi ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye wòɖui, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o negbe nunɔlawo ko." 5 Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be, "Nye Amegbetɔ Vi lae nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la ̃ ."

Ŋutsu aɖe si tsitsi asi na

6 Le Dzudzɔgbe bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si tsitsi asi na la le afi ma. 7 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi . Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

8 Yesu nya nu si bum ame siawo xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, "Tso va tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ ." Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ ene.

9 Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, "Biabia aɖe le asinye na mi. Ɖe woɖe be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi loo alo woawɔ ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?"

10 Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, "Dzɔ asi." Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo. 11 Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le nu si woate ŋu awɔ Yesu la ŋuti.

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la wuieveawo eye wòfia nu wo

12 Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu blibo katã. 13 Esi ŋu ke la, eyɔ eyomenɔlawo katã ƒo ƒui, eye wòtia ame wuieve le wo dome bena woanye yeƒe nusrɔ̃lawo. Ame siawoe woyɔ be apostolowo.

14 Ameawo ƒe ŋkɔwoe nye, Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro), Andrea si nye Simɔn nɔviŋutsu,

Yakobo,

Yohanes,

Filipo,

Bartolomeo,

15 Mateo,

Toma,

Yakobo si nye Alfeo vi,

Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla;

16 Yuda si nye Yakobo vi,

kple Yuda Iskariɔt ame si va zu yomemɔfiala.

Yesu fia nu ameha aɖe

17 Esi wòɖi tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le gbadzaƒe aɖe. Ameha aɖe va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple Yerusalem. Ɖewo tso keke Sidon kple Tiro ƒutaduwo me ke 18 va be yewoaɖo toe alo be wòada gbe le yewo ŋu. Gbe ma gbe la, enya gbɔgbɔ ̃ geɖewo le amewo me. 19 Ame geɖewo ŋutɔ didim be yewoaka asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu.

Yayrawo kple babadonamewo

20 Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be,

"Dzidzɔ ŋutɔ le mi ame siwo nye ame dahewo la lalalm,

elabena miawo tɔe nye mawufiaɖuƒe la.

21 Dzidzɔ ŋutɔ le mi

ame siwo wum le la lalam,

elabena miawoe aɖi ƒo.

Dzidzɔ ŋutɔ le mi

ame siwo le avi fam fifia la lalam,

elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu.

22 Dzidzɔ ŋutɔ le mia lalam,

ne amewo fu mi,

ɖe mi le woƒe ha me,

eye wodzu mi, heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ ɖe Amegbetɔ Vi la ta!

23 "Dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye, elabena fetu nyui le mia lalam le dziƒo. Alea tututue wo fofowo ɖe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la ŋuti.

24 "Ao, baba na mi kesinɔtɔwo,

elabena wokpɔ dzidzɔ le anyigba sia dzi xoxo.

25 Babaa na mi ame siwo ƒe ƒodo ,

elabena dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna.

26 Woƒe nukoko ɖe yame fifia ava zu konyifafa na wo.

Babaa na mi ame siwo ŋu amewo aƒo nu nyui le,

elabena nenema kee wo fofowo na aʋatsonyagblɔɖilawo.

Lɔlɔ̃ na ketɔwo

27 "Ke mi ame siwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi be: Milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miawɔ nyui na ame siwo fu mi la. 28 Miyra ame siwo ƒo fi de mi la, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo wɔa fu mi la ta.

29 "Nenye be ame aɖe ƒo tome ɖeka la, trɔ evelia wòaƒo! Nenye be ame aɖe tsɔ dziwui la, mègagbe awutewuitsɔtsɔ o. 30 Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia la, nae eye mègabia be netrɔe na ye o. 31 Ale si tututu nèdina be amewo newɔ na ye la, na wo nenema.

32 "Ne mielɔ̃ mia ̃lawo ɖeɖe ko ɖe, miebui be miewɔ nanea? Ame siwo nye nu ̃ wɔlawo ̃a wo xɔlɔ̃wo. 33 Ne miewɔa dɔmenyo na ame siwo wɔa dɔmenyo na mi ko ɖe, akpedada kae li na mi? Nu ̃ wɔlawo ̃ wɔna nenema! 34 Ne miedoa ga na ame siwo miele kpɔm na be woagaxee na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye miewɔ? Nu ̃ɖi wɔla akuakuawo doa nu na wo nu ̃ɖi wɔlawo be yewoaxɔ nenema ke emegbe.

35 "Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo .

36 "Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo nye nublanuikpɔla ene.

Migadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o

37 "Migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Migabu ame aɖeke, eye Mawu nabu mi o. Mitsɔ amewo ƒe nu ̃wo ke wo, eye Mawu natsɔ miaƒe nu ̃wo ake mi. 38 Mina nu, eye woana nu miawo . Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo ."

39 Yesu yi edzi do lo sia na wo be, "Ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo kple eve la mage adze do me oa? 40 Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o. Ke ame sia ame si hehe nyuitɔ la anɔ ko abe eƒe nufiala ene.

41 "Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le ŋutɔ ŋku dzi o mahã? 42 Aleke nàgblɔ na nɔviwò be, Nɔvi, na maɖe ati fefi si le ŋku dzi la ɖa na ,esi màte ŋu akpɔ gãa si le ŋutɔ ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla, ɖe atikpo si le ŋku dzi la ɖa gbã ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefi la ɖa .

Sidzedze ati kple eƒe kutsetse

43 "Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. 44 Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa wainkpo le ŋuve me. 45 Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ eƒe dzi me. Ke ame ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu ̃, eye eƒe nuƒo ɖea ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana.

Xɔgɔmeɖoɖo ƒomevi eveawo

46 "Nu ka tae mieyɔam be Aƒetɔ, Aƒetɔ, evɔ miewɔa nye gbe dzi o? 47 Ame sia ame si vaa gbɔnye, eye wòsea nye nya, eye wòwɔa edzi la, mafia ame si wòɖi mi. 48 Eɖi ame aɖe si tu , eɖe do goglo, eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi ɖɔ, eye tsi ɖe xɔa la, mete ŋu mui o, elabena wotui nyuie. 49 Ke ame si sea nye nya, eye mewɔna ɖe edzi o la le abe ame aɖe si tu eƒe ɖe anyigba, eye meɖo gɔmeɖokpe o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, sia mu gbloo, hegbã gudugudu."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-