Publicidade

Provérbios 6

Nuxɔxlɔ̃ amewo le bometsitsi ŋuti

1 Vinye, ne ède megbe na aƒelika,

eye nèsi akpe tsɔ do ŋugbee na ame tutɔ,

2 ne ŋugbe si nèdo zu me nèɖo

eye numenyawo bla la,

3 ekema vinye, esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe,

esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta.

Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò,

ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe!

4 ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o

eye aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o.

5 Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene

alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene.

6 , kuviatɔ, yi anyidi gbɔ;

kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya!

7 Gbeɖela loo dzikpɔla

alo dziɖula aɖeke mele esi o,

8 gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu

eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi.

9 , kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma?

Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?

10 alɔ̃ vie, akɔlɔ̃e sẽe,

ŋlɔ abɔwo nàdzudzɔ vie,

11 tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene

eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.

12 Yakame kple ame baɖa

si le yiyim kple alakpadada,

13 le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam

eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii,

14 ame si ɖoa nu ̃ɖi, beble le eƒe dzi me,

eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la

15 eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi

eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o.

16 Nu adree Yehowa tsri,

eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui:

17 dadaŋkuwo, alakpaɖe,

asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi,

18 dzi si ɖoa nu ̃ɖiwo,

afɔ siwo ɖea abla ɖe ̃wɔwɔ ŋuti

19 aʋatsoɖaseɖila si kɔa alakpa ɖi,

kple ŋutsu si dea dzre nɔviwo dome.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le ahasiwɔwɔ ŋuti

20 Vinye, fofowò ƒe sededewo me ɖe asi

eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.

21 Bla wo ɖe dzi ŋuti tegbee

eye nàsae ɖe ŋuti.

22 Ne èle zɔzɔm la, woafia , ne èle alɔ̃ dɔm la,

woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na

23 elabena sedede siawo nye akaɖi,

nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo

si amehehe hena la nye agbe ƒe ,

24 esi aɖe tso nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me

kple srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe aɖe ŋanɛ ƒe asi me.

25 Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro

le dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé o,

26 elabena gbolo aɖi gbɔ̃ ,

nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò.

27 Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata

eye eƒe awuwo nagbe fiafia?

28 Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi

eye eƒe afɔwo nagbe fiafia?

29 Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃,

womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o.

30 Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu,

ne la ewum o

31 gake ne wolée la, ele be wòaɖo nua teƒe zi adre,

esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi.

32 Ke ame si ahasi kple srɔ̃la mebua ta me o

eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome.

33 Ƒoƒo kple kple vlododo nye etɔ gome

eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o

34 elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla

eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o.

35 Maxɔ avulénu aɖeke o,

eye maxɔ zãnu aɖeke o, aleke gbegbee wòloloe .

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-