6 Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ;
kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya!
7 Gbeɖela loo dzikpɔla
alo dziɖula aɖeke mele esi o,
8 gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu
eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi.
9 Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma?
Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?
10 Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe,
ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,
11 tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene
eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.