Publicidade

Romanos 1

1 Nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela, eye wodɔe be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la. 2 Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me, 3 tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu. 4 To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme. 5 Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe nu ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu siwo Mawu na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe. 6 Eye miawo miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome.

7 Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la,

Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã.

Paulo di vevie be yeayi Roma

8 Gbã la, medaa akpe na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã ta, elabena amewo le ɖase ɖim le xexea me godoo tso miaƒe xɔse ŋu. 9 Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo. 10 Medoa gbe ɖa na Mawu be makpɔ mɔnu, ne Mawu ̃ la, be mava mia gbɔ mlɔeba.

11 Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖewo ado ŋusẽ mi, 12 ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse. 13 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o.

14 Enye nye dɔdeasi be magblɔ nyanyui la na Grikitɔwo kple ame siwo menye Grikitɔwo o la, na nunyalawo kple bometsilawo siaa. 15 Eya ta medi vevie be magblɔ nyanyui la na mi ame siwo le Roma .

16 Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la . 17 Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, "Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me."

Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe amegbetɔ ŋu

18 Woɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple ̃ɖivɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe ̃ɖivɔ̃ɖi me. 19 Elabena woɖe nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu la me na wo keŋ. 20 Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.

21 Togbɔ be wonya Mawu la, womesubɔnɛ alo daa akpa abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro, eye woƒe dzi manyanu la me do viviti. 22 Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo la, wonye bometsilawo boŋ, 23 elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple afɔenewo kple nutatawo ene.

24 Eya ta, le woƒe dzi ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. 25 Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen.

26 Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro ̃wo; woƒe nyɔnuwo ̃ tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. 27 Nenema ke woƒe ŋutsuwo ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.

28 Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o. 29 Ale wo ameawo me fũu kple ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃ɖiɖi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple ̃ediname wo me fũu. Wonye amenyagblɔlawo, 30 ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o. 31 Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo. 32 Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ dzi.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-