16 Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã. 17 Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, "Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me."
Publicidade