1 Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o. 2 Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe. 3 Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo. 4 Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la.
Publicidade
Romanos 14
Migadrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo o