6 Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu. 7 Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana. 8 Ke ahe to na ɖokuitɔdilawo kple ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi. 9 Konyifafa kple fukpekpe ava nu vɔ̃ wɔlawo dzi: gbã la, ava Yudatɔwo dzi, emegbe la, ava ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dzi. 10 Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na ame sia ame si le nu nyui wɔm la, gbã na Yudatɔwo, emegbe la, na ame siwo menye Yudatɔwo o. 11 Elabena Mawu medea vovototo amewo me o.