Dzɔdzɔenyenye to xɔse me
21 Ke azɔ la, woɖe dzɔdzɔenyenye tso Mawu gbɔ fia mí se la manɔmee. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase tso eŋuti. 22 Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o, 23 elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo, 24 eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to ɖeɖedɔ si Kristo Yesu va wɔ la me.