12 Eya ta migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã si le kuku ge la dzi, be miawɔ ɖe eƒe nudzodzro vɔ̃wo dzi o. 13 Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene. 14 Esia ta nu vɔ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te.
Míezu kluviwo na dzɔdzɔenyenye
15 Ekema aleke wòle? Esi míegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ míele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te ɖe, ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!
16 Ɖe mienyae bena ne mietsɔ mia ɖokui wɔ kluvi na ame aɖe, be miaɖo toe la, miezu kluvi na ame si mieɖoa toe la, eɖanye kluviwo na nu vɔ̃ hena ku alo kluviwo na toɖoɖo hena dzɔdzɔenyenye o mahã? 17 Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la. 18 Woxɔ mi le nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.