Publicidade

Romanos 6

Míeku na nu ̃, míele agbe le Kristo me

1 Azɔ nu ka gblɔ ge míala? Ɖe míaganɔ nu ̃ wɔwɔ dzi be Mawu nanɔ nublanui kpɔm na to míaƒe nu ̃wo tsɔtsɔke mea?

2 Gbeɖe! Aleke ame siwo ku na nu ̃ la aganɔ agbe le nu ̃ me mahã? 3 Alo ɖe mienyae be ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na ɖe eƒe ku me oa? 4 Eya ta esi wode mawutsi ta na ɖe eƒe ku me la, woɖi kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.

5 Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi me. 6 Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu ̃ azɔ o. 7 Elabena ame sia ame si ku la, woɖee tso nu ̃ si me. 8 Azɔ ne míeku kple Kristo la, míexɔe se be míanɔ agbe kplii . 9 Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o. 10 Esi wòku la, eku na nu ̃ zi ɖeka ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. 11 Nenema ke miawo mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me.

12 Eya ta migana nu ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã si le kuku ge la dzi, be miawɔ ɖe eƒe nudzodzro ̃wo dzi o. 13 Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene. 14 Esia ta nu ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te.

Míezu kluviwo na dzɔdzɔenyenye

15 Ekema aleke wòle? Esi míegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ míele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te ɖe, ɖe míaganɔ nu ̃ wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!

16 Ɖe mienyae bena ne mietsɔ mia ɖokui kluvi na ame aɖe, be miaɖo toe la, miezu kluvi na ame si mieɖoa toe la, eɖanye kluviwo na nu ̃ hena ku alo kluviwo na toɖoɖo hena dzɔdzɔenyenye o mahã? 17 Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu ̃ tsã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la. 18 Woxɔ mi le nu ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.

19 Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo kluviwo na makɔmakɔnyenye kple ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.

20 Elabena esime mienye kluviwo na nu ̃ tsã la, mienɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔkplɔ te o. 21 Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa yia ku me! 22 Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ. 23 Elabena nu ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-