4 Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.
5 Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me. 6 Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu vɔ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu vɔ̃ azɔ o. 7 Elabena ame sia ame si ku la, woɖee tso nu vɔ̃ si me.