Ame ƒe ʋiʋli le ememe ke
14 Míenya be se la nye gbɔgbɔmenu; ke nye la, ŋutilã me menye, elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃. 15 Nyemesea nu si mewɔna la gɔme o. Elabena menye nu si medina be mawɔ la mewɔna o, ke nu si melé fui la, eya boŋ mewɔna. 16 Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo. 17 Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae.