26 Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me. 27 Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
Publicidade