Pular para o conteúdo
Publicidade

Romatɔwo 8

35 Nu kae ama ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia? 36 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,

"Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me;

wobua abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene."

37 Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si ̃ la me. 38 Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, 39 eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também