Pular para o conteúdo
Publicidade

Rute 3

Rut kple Boaz le lugbɔƒe

1 Gbe ɖeka la, ̃xoa Naomi gblɔ be, "Vinye, ɣeyiɣi mede be madi ŋutsu aɖe na nàɖe, ale be nàganɔ srɔ̃gbe oa? 2 Ŋutsu si le nye susu me lae nye Boaz. Enyo me na ŋutɔ, eye gawu la, míaƒe ƒometɔ wònye. Menya be ele lu gbɔ ge le sia me le eƒe lugbɔƒe, 3 eya ta ɖe nya si magblɔ na la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ o, va se ɖe esime wòaɖu nu hafi. 4 ŋku ɖe afi si wòamlɔ la ŋu, eye nàyi aɖaklo avɔ ɖa le eƒe afɔ gbɔ, eye nàmlɔ eƒe afɔ nu. Ekema agblɔ nu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la na ."

5 Rut ɖo eŋu be, "Enyo, mesee; mawɔ nu sia nu si nègblɔ la." 6 Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si ̃xoa gblɔ la pɛpɛpɛ.

7 Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu. 8 Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu.

9 Ebiae be, "ame kae?"

Rut ɖo eŋu be, "Nye Rut, dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke avɔ ɖe dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye."

10 Boaz do ɣli be, "Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã ̃ . Eme ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi. 11 Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu , elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe. 12 Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wum. 13 Tsi afi sia . Ne ŋu ke la, maƒo nu kplii. Ne aɖe la, ekema enyo; newɔ eƒe dɔdeasi. Ke ne maɖe o la, ekema meta Yehowa be nye ŋutɔ maɖe . Mlɔ afi sia va se ɖe esime ŋu nake."

14 Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ be, "Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o."

15 Boaz gagblɔ be, "Ɖo taɖedzi la ɖe anyigba." Esi Rut alea la, Boaz ku lu dzidzenu ade ɖe avɔ la me, eye wòlée . Ale wòtrɔ yi aƒe me.

16 Esi wòɖo aƒe me la, ̃xoa biae be, "Vinyenyɔnu, aleke nèdee?"

Rut gblɔ nu sia nu si Boaz la na ̃xoa, 17 eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be, "Eyae tsɔ lu dzidzenu ade sia nam hegblɔ kpe ɖe eŋu be, Menyo be nàtrɔ ayi ̃xowò gbɔ kple asi ƒuƒlu o.’ "

18 Tete Naomi gblɔ na Rut be, "Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea."

Veja também