Yehowa ƒe ŋkeke gã la
14 Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ,
egbɔna kpuie.
Miɖo to,
le Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la,
woado ɣli kple vevesese,
aʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma.
15 Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi;
anye hiãgbe kple xaxagbe,
anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe.
Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe,
afu kple tsizidogbe,
16 Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe,
ɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe
kple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu.
17 "Mahe xaxa va ameawo dzi,
eye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene,
elabena woda vo ɖe Yehowa ŋu.
Woƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene,
eye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene.
18 Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la,
woƒe klosalo alo sika
mate ŋu aɖe wo o."
Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo
afia xexea me katã,
elabena atsrɔ̃ ame siwo katã
le anyigba dzi la kpata.