Publicidade

Sofonias 3

Nya siwo ava dzɔ ɖe Yerusalem dzi

1 "Baba na du si fũu kple ŋutasesẽ,

aglãdzedze kple ɖiƒoƒo.

2 Mesea ame aɖeke ƒe gbe o,

eye melɔ̃na be woagbe nya na ye o.

Mexɔ Yehowa dzi se o,

eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu o.

3 Eƒe kplɔlawo le abe dzata

dɔwui si le gbe tem la ene.

Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si nu

le me, eye wòɖui keŋ hafi ŋu ke la ene.

4 Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi,

eye wonye ame ̃ɖiwo.

Eƒe nunɔlawo do gu kɔkɔeƒe la,

eye wodo vlo Mawu ƒe seawo.

5 Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome,

eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o.

Ŋdi sia ŋdi la,

eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go,

eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o.

Gake nu ̃ wɔlawo menya ŋukpe o.

6 "Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo,

megbã woƒe sesẽwo,

mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo,

eye ame aɖeke megatoa wo dzi o.

Woƒe duwo gbã,

eye ame ɖeka ̃ masusɔ o.

7 Megblɔ na du la be,

Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!

Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe

alo nye tohehe magava edzi o,

gake wogatsi dzi ɖe nu ̃ wɔwɔ ŋu,

8 eya ta mikpɔ nye asi nu,"

Yehowae gblɔe,

"elabena ŋkeke li gbɔna,

matsi tsitre aɖi ɖase.

Meɖoe be maƒo dukɔwo katã

kple fiaɖuƒewo nu ƒu,

eye makɔ nye dɔmedzoe

kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi.

Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.

9 "Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu,

ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ,

eye woasubɔe kple nusɔsɔe.

10 Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo

kple nye ame siwo ka hlẽ la,

atsɔ woƒe nunanawo nam.

11 Le ɣe ma ɣi la,

ŋu magakpe mi le miaƒe nu ̃

siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o,

elabena maɖe ame siwo katã kpɔa

dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa

le dua me, ale be dadala

aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o.

12 Ke magblẽ ame siwo nye ame fafawo

kple ɖokuibɔbɔɖeanyilawo,

ame siwo nye, Yehowa

ƒe ŋkɔ dzi se la ɖe mia dome.

13 Israel ƒe ame mamlɛawo magawɔ ̃ o,

womada alakpa o,

eye womakpɔ amebeble le woƒe nu me o.

Woaɖu nu, amlɔ anyi,

eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o."

14 O Zion vinyɔnu, dzi ha, O Israel, do ɣli,

kpɔ dzidzɔ, eye dzi nayɔ fũu kple aseyetsotso,

O Yerusalem vinyɔnuvi!

15 Yehowa ɖe tohehewo ɖa,

eye wòna futɔwo gbugbɔɖemegbe.

Yehowa, Israel ƒe fia la

li kpli , eya ta ̃wɔame

aɖeke mado ŋɔdzi na o.

16 Gbe ma gbe la,

woagblɔ na Yerusalem be,

"Mègavɔ̃ o, O Zion,

eye mègana alɔ nagbɔdzɔ o.

17 Yehowa Mawu la li kpli ,

kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na lae wònye.

Akpɔ dzidzɔ aɖe ɖe ŋuwò,

atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na ,

eye wòado dzidzɔ na kple hadzidzi."

18 "Maɖe konyifafa siwo nɔa miaƒe takpegbewo la ɖa le mia ŋu,

elabena wonyea agba kple mokaka na mi.

19 Le ɣe ma ɣi la, matu nu

kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la,

makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu,

eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu.

Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo

le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le.

20 Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu;

ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee.

Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le

anyigbadzidukɔwo katã dome,

nenye be megbugbɔ mi ɖo te le

miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me."

Yehowae gblɔe.

Veja também

Sofonias
Ver todos os capítulos de Sofonias
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-