Ameŋkumekpɔkpɔ meganɔ mia dome o
10 Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi, 11 elabena ame si de se be, "Mègawɔ ahasi o" la, eya kee de se be, "Mègawu ame o." Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala. 12 Miaƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe.