3 Numega sue si míedea sɔwo ƒe nu me la, eyae nana be woɖoa to mí, eye míetea ŋu trɔa lã blibo la ɖe afi sia afi. 4 Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gãa, eye ya sesẽwo hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna, tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi la. 5 Nenema ke, ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko, gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa. 6 Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me.
7 Amegbetɔ ate ŋu amla lã ɖe sia ɖe ƒomevi, xeviwo, nutatawo kple tɔmelãwo siaa, 8 gake ame aɖeke mate ŋu amla ame ƒe aɖe o. Enye aɖi vɔ̃ɖi si dzi womate ŋu aɖu o.