Pular para o conteúdo
Publicidade

Yakobo 3

9 Míetsɔa míaƒe aɖe kafua míaƒe Aƒetɔ kple Fofo la, eye míegatsɔa aɖe ma ke ƒoa fi dea amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me. 10 Kafukafu kple fiƒode dona tso ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o. 11 Ɖe vudo ɖeka ate ŋu adzi tsi vivi kple dzetsia? 12 Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amikutsetsewo alo wainka ate ŋu atse gbowoa? Gbeɖe, dzetsivudo mate ŋu adzi tsi vivi o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também