Pular para o conteúdo
Publicidade

Tito 1

6 Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo xɔse la me ɖe asi, eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. 7 Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe de asi na hamemegã ta la, ele be wòanye mokakamanɔŋutɔ. Manye dadala alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, manye ahatsunola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. 8 Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe, eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu. 9 Ele be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.

Veja também

Tito
Ver todos os capítulos de Tito