Pular para o conteúdo
Publicidade

Tito 2

3 Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo o. 4 Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe. 5 Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.

Veja também

Tito
Ver todos os capítulos de Tito