A fé vem pelo ouvir
A fé vem pelo ouvir, e o ouvir pela Palavra de Cristo. Quando a Palavra é proclamada, a fé nasce nos corações. Ouvir a Deus é o primeiro passo para crer e seguir.
A fé vem pelo ouvir
A fé vem pelo ouvir, e o ouvir pela Palavra de Cristo. Quem ouve a Palavra crê e obtém a salvação eterna.
Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa, elabena, "Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe."
Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, "Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!"
Gake menye Israeltɔwo katãe xɔ nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, "Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nyawo dzi se mahã?" Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana.
Medi be mabia nya aɖe mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ la to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea?
Eye ɖe dɔ si Kristo wɔ ta la, mi ame siwo se nyateƒe la ƒe nya la, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo na mí kristotɔwo la de dzesi mi be mienye kristotɔwo. Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia be Mawu ƒle mí xoxo, eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.
"Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me.
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe.
Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa la hee ɖe ŋunye, eye le nuwuwuŋkeke la dzi la, mana ame siawo natsi tsitre. Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye. Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, negbe ame si tso Mawu gbɔ la koe kpɔ Fofo la.
"Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi!
Ouvir e obedecer
Felizes os que ouvem a Palavra de Deus e a praticam. Quem tem ouvidos ouça o que o Espírito diz.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ."
Ne to senu li na mi la, misee!
Azɔ egblɔ na wo be, "Fifia la, miyi ɖe xexe blibo la me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi.
Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu be,
" ‘Miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o,
Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu gake miele si dze gee o.
Elabena ame siawo ƒe dziwo ku atri;
woƒe towo hã mesea nu o,
eye womiã woƒe ŋkuwo.
Ne menye nenema o la, woakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo,
ase nu kple woƒe towo,
ase nu gɔme kple woƒe dziwo,
woatrɔ ɖe ŋunye eye mayɔ dɔ wo.’
Ke woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu kple miaƒe towo hã elabena wosea nu.
Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, "Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie.
Miɖo to ne miava gbɔnye.
Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe.
Mabla nu mavɔ kpli mi,
elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o
la do ŋugbee na David.
Egblɔ nam be,
"Yi nàgblɔ na ame siawo be,
‘Miaƒe towo ase nyawo, gake miase egɔme o.
Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu,
gake miele si dze gee o.’
Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri,
tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo.
Ne menye nenema o la,
woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo,
ase nu kple woƒe towo,
ase nu gɔme kple woƒe dziwo,
eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ."
Mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta be Mawu naʋu agbo na míaƒe mawunyagbɔgblɔ be míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nu ɣaɣlawo, esi ta mele ga me le afi sia ɖo.