amor de Deus
O amor de Deus é a maior realidade do universo. Ele nos amou com amor eterno, incondicional e sacrificial — e nada no mundo pode nos separar desse amor.
Amor eterno
Deus amou o mundo de tal maneira que deu o seu Filho. Seu amor é de eternidade a eternidade — nunca falha.
Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.
Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.
Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be,
"Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ,
metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti.
Mida akpe na Yehowa, elabena enyo.
Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Yehowa kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu,
medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.
O! Aƒetɔ, ke wò la,
Mawu si kpɔa nublanui,
eye wòvea ame nu lae nènye,
mèdoa dɔmedzoe kabakaba o,
lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe.
Esi wò lɔlɔ̃ nyo wu agbe ta la,
nye nuyiwo ado wò ɖe dzi.
Natureza do amor divino
Deus é amor. O amor é paciente, benigno. O amor do Pai nos adota como filhos e nos transforma à sua imagem.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la, wodzii tso Mawu me, eye wònya Mawu. Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.
Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me. Esiae nye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene. Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la, ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo.
Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si Mawu tsɔ lɔ̃a mi, eye míexɔ edzi se.
Mawue nye lɔlɔ̃, eye ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me.
Míelɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu tre mía lɔlɔ̃.
Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene
Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo. Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo.
Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu: be woawɔ eƒe seawo dzi, elabena eƒe sewo mesesẽ o.
Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o, eye medana o.
Expressões do amor de Deus
O Senhor nos ama com alegria e canta sobre nós. Queni a mim vem, amará; e quem me ama, o Pai o amará.
Yehowa wò Mawu la li kpli wò,
kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye.
Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò,
atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò,
eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi."
Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am
eye ame siwo diam la kpɔam.
Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò
le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la,
matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe.
Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe.
O! Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu
le wò gbedoxɔ me.
Yi edzi nàɖe wò lɔlɔ̃ afia ame siwo nya wò,
eye nàɖe wò dzɔdzɔenyenye afia
ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.
Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie.
Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kple mi katã.
Aƒetɔ la atrɔ miaƒe dziwo aɖo ta Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Kristo ƒe dzidodo la gbɔ.