Publicidade

Beleza

Por Bíblia Online

A verdadeira beleza vem de dentro. A Bíblia ensina que o encanto é enganoso e a formosura é vã, mas a mulher que teme ao Senhor — essa sim merece louvor.

Nyonyo la, beblee,

eye tugbedzedze nu va yina kaba;

gake woakafu nyɔnu si ̃a Yehowa.

Miaƒe tugbedzedze megatso gota gome lekewɔwɔ me, abe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo dodo kple avɔ xɔasiwo tata me ene o, ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ.

Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, "Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime."

Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzɛnyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dede kple avɔ xɔasiwo tata me o, ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋua eme be yewonye mawusubɔlawo.

Elabena wòe nye ememe ke;

eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe me.

Mekafu , elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe.

dɔwɔwɔwo nye nukunu,

menya esia nyuie.

Nye dzi lɔlɔ̃a, nu sia nu de le ŋuwò,

eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele ŋuwò o.

Ale Mawu ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.

Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;

ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.

Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena nyuiwo wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi na be míawɔ la.

Zion ƒe ŋutikɔkɔe

"Tso nàklẽ, elabena kekeli do,

eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,

Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,

ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee."

Esia ta ɖeɖi metea mía ŋu o, eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ, eye wòle mía me la le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe.

Le dzimaɖitsitsi ŋuti

"Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa?

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-