Publicidade

Isaías 60

Zion ƒe ŋutikɔkɔe

1 "Tso nàklẽ, elabena kekeli do,

eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,

2 elabena kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba katã dzi,

eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ eƒe amewo dzi,

gake Yehowa adze ɖe dziwò,

eye eƒe ŋutikɔkɔe anɔ dzedzem le dziwò.

3 Dukɔwo ava kekeli la gbɔ,

eye fiawo ava agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ.

4 "mo dzi, eye nàkpɔ nu siwo ƒo xlã .

Wo katã woƒo ƒu heva gbɔwò,

viwò ŋutsuwo tso didiƒe ke va,

eye wolé viwò nyɔnuwo ɖe abɔdome .

5 Ekema àkpɔe, ahako alɔgbɔnu.

dzi ati kpo, avu gblotoo kple dzidzɔkpɔkpɔ.

Woatsɔ nu xɔasi siwo le atsiaƒu dzi la na ,

eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò.

6 Kposɔwo ƒe ha axɔ anyigba dzi

hekpe ɖe Midian kple Efa ƒe kposɔviwo ŋuti.

Nenema ke Sebatɔwo katã ava

ana sika kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo,

eye woadzi ha akafu Yehowa.

7 Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu na ,

eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ .

Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi,

eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la.

8 "Ame kawoe nye ema le dzodzom

le yame abe lilikpowo ene,

alo abe ahɔnɛwo yina ɖe woƒe atɔwo me ene?

9 Vavãe ƒukpowo le kpɔm nam.

Tarsis ƒe meliwo le ŋgɔ na wo,

viwò ŋutsuwo tso didiƒewo gbɔnae

kple woƒe klosalo kple sika be

woatsɔ ade bubu Yehowa,

Mawu kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu,

elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na .

10 "Amedzroviwo agbugbɔ gliwo aɖo,

eye woƒe fiawo asubɔ .

Togbɔ be meƒo mi le nye dziku me la,

le nye dɔmenyo me la, makpɔ nublanui na mi.

11 agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa.

Womatu wo akpɔ gbeɖe le ŋkeke me alo me o.

Ale be amewo nate ŋu atsɔ dukɔwo

ƒe kesinɔnuwo na mi.

Woƒe fiawo anɔ ŋgɔ le dziɖuɖu

ƒe asaɖabɔbɔ la me,

12 eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la,

atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu.

13 "Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe ava dziwò.

Woƒe sesewu, fɔfɔli kple papawu ava na

be woaɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la,

eye matsɔ ŋutikɔkɔe ada ɖe nye afɔɖoƒe.

14 Ame siwo te ɖe to la,

ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò.

Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la,

ade ta agu ɖe afɔ nu,

eye woayɔ be Yehowa ƒe Du,

Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.

15 "Togbɔ be wogble ɖi helé fu ,

eye ame aɖeke meto mewò yi o la,

matsɔ awɔ atsyɔ̃ mavɔ

kple dzidzɔe na dzidzimewo katã.

16 Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no,

ekema ànyae be, nye Yehowae nye Ɖela,

eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye xɔnametɔ.

17 Matsɔ sika ana ɖe akɔbli teƒe,

eye klosalo ɖe gayibɔ teƒe.

Le ati teƒe la, matsɔ akɔbli na ,

eye mana gayibɔ ɖe kpe teƒe.

Mawɔ ŋutifafa wòanye tatɔ na ,

eye dzɔdzɔenyenye nanye dziɖula na .

18 Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le anyigba dzi,

tsɔtsrɔ̃ loo alo gbegblẽ manɔ liƒowo dzi o.

Ke boŋ àyɔ gliwo be Ɖeɖekpɔkpɔ,

eye agbowo be Kafukafu.

19 Ɣe maganye akaɖi le ŋkeke me loo

alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o,

elabena Yehowa anye kekeli tegbee

ye Mawu anye ŋutikɔkɔe.

20 ɣe magaɖo to azɔ o,

eye ɣleti magaɖo azɔ o.

Yehowa anye kekeli mavɔ,

eye konyifaŋkekewo nu ava ayi.

21 Ekema amewo katã anye dzɔdzɔetɔwo,

eye anyigba anye wo tegbee.

Wonye ati ̃ si medo,

kple nye asinudɔwɔwɔwo be

woaɖe nye ŋutikɔkɔe afia.

22 Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe,

eye ame siwo mesɔ gbɔ o la

azu dukɔ dranyi aɖe.

Nyee nye Yehowa,

le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-