Pular para o conteúdo
Publicidade

Yesaya 22

Nyagblɔɖi ɖe Yerusalem ŋu

1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu.

Nu kae ɖe mi ɖe nu

hafi mi katã miede xɔwo tame?

2 O! Hoowɔwɔ ƒe du,

ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du,

nu kae le wɔwòm?

ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o,

eye menye aʋa hãe wotsi o.

3 dumegãwo katã si dzo;

wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo,

eye womeʋli wo ɖokui ta o.

Togbɔ be wosi dzo esi futɔ la megogo wo kura o

la, wolé amewo katã,

eye wozu aboyomewo.

4 Eya ta megblɔ be, "Miɖe ɖa le ŋunye,

eye mina mɔm mafa avi vevie.

Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o",

5 elabena Aƒetɔ Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya,

nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la,

ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi,

eye ɣli aɖi le towo tame.

6 Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam

kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti,

eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu.

7 Ale tasiaɖamwo balime nyuitɔ,

eye woɖe sɔdolawo ɖe agbowo nu.

8 Ale Aƒetɔ la ɖe Yuda ƒe akpoxɔnuwo katã ɖa,

eye Yuda di si wotu ɖe ave me, si me aʋawɔnuwo la

vevie gbe ma gbe.

9 Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo

le David ƒe du la ŋu,

eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me.

10 Miexlẽ siwo le Yerusalem,

hegbã woƒe gliwo be miagbugbɔ wo aglã.

11 Mieɖe tsiʋe aɖe ɖe gli eveawo dome,

helɔ tsi le ta xoxo la me ɖe eme,

gake miebia ame si wɔe la ta se o,

alo miede bubu ame si ɖoɖo ɖe eŋu

tso blema ke la ŋu o.

12 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,

di tso mia si le ŋkeke ma dzi be,

miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli.

13 Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum.

Miewu nyiwo, tso alẽwo;

mieɖu , mieno wain, eye miegblɔ be,

"Mina miaɖu nu,

ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!"

14 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, "Womatsɔ nu ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe." Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

15 Ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nye esi,

"Tso nàyi Sebna,

nuwo dzikpɔla, ame si le aƒea nu

la gbɔ, nàgblɔ be,

16 Nu ka wɔm nèle le afi sia,

eye ame kae ɖe na be

naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem

ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ

dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?

17 "Kpɔ nyuie, elabena esusɔ vie Yehowa ƒe asi nasu dziwò,

eye wòatsɔ aƒu gbe. O! Ŋutsu kalẽtɔ.

18 Aŋlɔ nogoe abe abo ene,

eye wòatsɔ aƒu gbe

ɖe anyigba aɖe dzi.

Afi ma nàku ɖo, eye afi ma

tasiaɖam ɖablawo atsi.

ame si nye ŋukpe

na aƒetɔ ƒe aƒe.

19 Maɖe ɖa le zi dzi,

eye woaxɔ nɔƒe kɔkɔ la le asi .

20 "Gbe ma gbe la, mayɔ nye dɔla Eliakim, Hilkia ƒe vi. 21 Matsɔ awu ʋlaya ado ; atsɔ alidziblanu abla ali dzi , eye maxɔ nɔƒe atsɔ . Anye fofo na Yerusalemtɔwo kple Yuda ƒe aƒe la. 22 Matsɔ David ƒe aƒe ƒe safui la aɖo abɔta . Nu sia nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu sia nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. 23 Maƒoe ɖe to abe tsyoti ene le teƒe sesẽ aɖe. Anye fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe. 24 Eƒe ƒome la katã ƒe ŋutikɔkɔe anɔ eya amea dzi, ɖe viawo kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Anɔ nu siwo katã ŋu wowɔna le aƒe me la dzi; tso agbawo dzi va se ɖe tsinokpluwo dzi."

25 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, "Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la akaka." Yehowae gblɔe.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também