Publicidade

Isaías 17

Nyagblɔɖi ɖe Damasko ŋu

1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Damasko ŋu:

"Kpɔ ɖa, Damasko maganye du abe tsã ene o,

ke boŋ atrɔ azu aƒedo!

2 Woagblẽ Aroa ƒe duwo ɖi woatsi ƒuƒlu,

eye wòazu nɔƒe na alẽha siwo atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma,

eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.

3 Efraim ƒe mɔ sesẽwo nu ayi

kple Damasko ƒe fiaɖuƒe hã,

eye Aram ƒe ame mamlɛawo

ƒe ŋusẽ anɔ abe Israeltɔ ene."

Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

4 "Eva eme le ɣe ma ɣi be,

Yakob ƒe ŋusẽ aɖiɖi, eye eƒe lãmemi avɔ keŋ.

5 Azu abe bligble si me woŋe bli

le hegblẽ hɔ̃litiawo ɖe tsitrenu ene,

eye abe ale si agbledela fɔa bli dzɔdzɔe

le Refaim me ene.

6 Kutsetse ʋɛ aɖewo asusɔ abe ale si ne wogbe amiti vɔ,

eye kutsetse eve alo etɔ̃ aɖewo susɔna ɖe eƒe adzame ene.

Wo ame ene alo atɔ̃ nɔa atiawo ƒe alɔwo dzi la ene."

Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.

7 Ɣe ma ɣi la, amegbetɔ atrɔ ɖe eƒe Wɔla ŋu,

eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la dzi.

8 Womagatrɔ ɖe woƒe vɔsamlekpui

siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la ŋu o,

eye womagabu aƒeli kple ɣelégba

siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la o.

9 Le ŋkeke ma dzi la, woƒe du sesẽ siwo wogblẽ ɖi na Israelviwo hesi dzo la anɔ abe gbegbe ene, eye woazu aƒedo.

10 Elabena èŋlɔ Mawu, wò xɔnametɔ la be,

eye mèɖo ŋku agakpe si nye wò mɔ sesẽ la dzi o.

Eya ta togbɔ be nèƒã nuku nyuiwo,

eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe wainkawo;

11 togbɔ be gbe si gbe nèdoe la,

ètɔ kpɔ ɖe eŋu, eye esi ŋu ke la,

èna wò nukuawo ƒo se hã la,

le nuŋegbe la, màŋe naneke wu fukpekpe kple vevesese o.

12 O! Dukɔ geɖewo ƒe agbodzedze.

Wodze agbo abe tɔ dzeagbo ene!

O! Woƒe amewo ƒe hoowɔwɔ.

Wole hoo wɔm abe tɔ dzeagbowo

ƒe hoowɔwɔ ene.

13 Togbɔ be ameawo le hoo wɔm

abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la,

ne èblu ɖe wo ta la,

wosina yia megbe ke.

Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi

kple yali le ahom nu ene.

14 Ŋɔdzi nɔa anyi le fiẽ me, gake wobuna ne ŋu ke.

Esia nye ame siwo daa adzo mí la ƒe gome

kple mía halawo ƒe dzidzenu.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-