Pular para o conteúdo
Publicidade

Yesaya 62

Zion ƒe ŋkɔ yeye la

1 Le Zion ta la, nyemazi ɖoɖoe o,

le Yerusalem ta la, nyemazi kpi o,

va se ɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye

naklẽ abe kekeli ene, eye eƒe ɖeɖe

nabi abe akakati ene.

2 Dukɔwo akpɔ dzɔdzɔenyenye,

eye fiawo akpɔ ŋutikɔkɔe.

Woayɔ ŋkɔ yeye si Yehowa ƒe

nu atsɔ na la na .

3 Ànye atsyɔ̃kuku le Yehowa ƒe asi me

kple fiakuku le Mawu ƒe asi me.

4 Womagayɔ azɔ be

Wogbe nu le egbɔ,

alo ayɔ anyigba be Gbegbe o.

Ke boŋ woayɔ be,

Hefziba si gɔmee nye

Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ anyigba be Biula,

si gɔmee nye eɖe srɔ̃,

elabena nu anyo Yehowa ŋu,

eye wòaɖe anyigba abe srɔ̃ ene.

5 Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la,

nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe,

eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe

eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la,

nenemae Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.

6 O! Yerusalem,

meɖo gbetakpɔlawo gliwo dzi.

Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo me o.

Mi ame siwo yɔa Yehowa,

migagbɔ ɖe eme o,

7 eye migana gbɔdzɔe o,

va se ɖe esime wòaɖo Yerusalem te,

awɔe wòanye kafukafunu le anyigba dzi.

8 Yehowa ta eƒe ɖusibɔ kple eƒe alɔ sesẽ la be,

"Nyemagatsɔ bli ana futɔwo

wòanye nuɖuɖu na wo gbeɖe o,

eye wain yeye si ŋuti nèku kutri ɖo la,

nyemagana amedzrowo naxɔe ano o.

9 Ke ame siwo xa nukuawo la,

woaɖu wo, akafu Yehowa,

eye ame siwo gbe waintsetseawo la,

ano wo me ha le nye xɔxɔnu kɔkɔewo."

10 Mito eme yi, mito agboawo me yi!

Midzra ɖo na dukɔ la.

Mido , mido mɔtatawo.

Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi.

Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.

11 Yehowa na woɖe gbeƒãe

le anyigba ƒe mlɔenuwo ke be,

"Migblɔ na Zion vinyɔnu la be,

Kpɔ ɖa, Ɖela gbɔna!

Kpɔ ɖa, eƒe fetu

kple eƒe teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋuti.’ "

12 Woayɔ wo be, "Ame kɔkɔewo.

Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe."

Ke la, woayɔ be,

"Ame si dim wole vevie,"

eye woayɔ be,

"Du si gbɔ womagagbe nu le o."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também