Publicidade

Isaías 12

Kafukafuhawo

1 Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be,

"Makafu wò, O! Yehowa,

togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la,

wò dɔmedzoe nu yi,

eye nèfa akɔ nam.

2 Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname.

Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o.

Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi,

eye eyae zu nye xɔname

3 Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ."

4 Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be,

"Mida akpe na Yehowa!

Miyɔ eƒe ŋkɔ,

miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome.

5 Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo,

miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã.

6 Mido ɣli, eye mitso aseye,

mi ame siwo le Zion,

elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-15_21-32-39-