Casal
O casal cristão é parceria abençoada por Deus. Juntos são mais fortes. O amor mutual, a paciência e a submissão ao Senhor são os pilares do casamento que honra a Deus.
Unidos em Cristo
Eu e minha casa serviremos ao Senhor. O vínculo perfeito é o amor que tudo suporta e tudo espera.
Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!"
Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o, eye medana o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o. Lɔlɔ̃ medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me. Lɔlɔ̃ menaa ta o, ekana ɖe nu dzi ɣe sia ɣi, ekpɔa mɔ ɣe sia ɣi, eye wòdoa vevi nu ɣe sia ɣi.
Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me. Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi. Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu. Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.
Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me.
Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.
Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o."
Esia ta nu si ke Mawu bla la, ame aɖeke megama eme o."
O projeto divino
Não é bom que o homem esteja só. Dois são melhores do que um — e o cordão de três dobras não se rompe facilmente.
Mawu wɔ Eva
Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ."
Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o.
Mawu gblɔ be, "Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi."
Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.
Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;
ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
Mawu yra wo gblɔ na wo be, "Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo."
Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi."
Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka
ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve
elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.
Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo.
Amor conjugal
Maridos, amai vossas mulheres. A mulher virtuosa é achada de Deus. Cresçam juntos em graça e verdade.
Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta,
Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si lɔ̃a srɔ̃a la, lɔ̃a eɖokui. Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na hame la ene,
"Ɖe susu sia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòawɔ ɖeka kple srɔ̃a, eye wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka."
Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.
Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye. Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o. Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o. Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.
Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo. Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.
Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu
eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.
Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.
Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me, elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene. Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me.
Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.
Migade ha kple dzimaxɔsetɔwo o
Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?
Gake minyae nyuie be Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa hiã na wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me.