Publicidade

Convicção

Por Bíblia Online

A convicção cristã é firmeza de fé que não se abala diante da oposição. É a certeza interior que compele a proclamar a verdade com ousadia, independentemente das consequências.

Ousadia para falar

Recebereis poder e sereis minhas testemunhas. A convicção do Espírito nos equipa para proclamar com coragem e sem vergonha.

Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke."

Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo yaa, eye wode dzesii be ame siawo Yesu ŋu va yi.

Petro kple apostoloawo gblɔ be, "Ele na be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ dzi o.

Mido gbe ɖa ɖe nye tanye be ne mele nu ƒom la, Mawu nade nya nu nam, be maƒo nu dzideƒotɔe ne mele gbeƒã ɖem nyanyui la ƒe nya ɣaɣlawo, nu si ta menye ame dɔdɔ si le game ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔ nyanyui la vɔvɔ̃manɔmee, ale si mate ŋui.

Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la .

Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu ̃ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo."

Ne àde dzo ŋusẽ si le mewò me la, màvɔ̃ ɣe aɖeke ɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo alo ana woanya be ̃menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta o. Ànɔ klalo be yeakpe fu kplim le nyanyui la ta, elabena Mawu ana ŋusẽ le fukpekpe me.

Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na ameawo, eye nàka mo na wo kple ŋusẽ katã. Mègana ame aɖeke nado vlo o.

Firmeza e confiança

Não temas diante dos homens. A Palavra de Deus é fogo na boca do profeta e firmeza na vida do crente.

Ke Yehowa gblɔ nam be, "Mègagblɔ be, Ɖevi ko menyeo. Ele na be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na .

ame si tsɔ du nyui na Zion,

lia to kɔkɔ aɖe.

ame si tsɔ du nyui na Yerusalem, gbe dzi nàdo ɣli,

gbe dzi, mègavɔ̃ o;

gblɔ na Yuda ƒe duwo be,

"Miaƒe Mawue nye esi!"

Aƒetɔ Yehowa tsɔ nufiala ƒe aɖe nam

be manya nya si matsɔ ado ŋusẽ

ame si gbɔdzɔ lae.

Enyɔam ŋdi sia ŋdi.

Eʋua nye to be mase nu

abe ame si wole nu fiam la ene.

Mawɔ ŋgonu wòasẽ wu agakpe, eye wòasẽ wu gayibɔ. Mègavɔ̃ wo alo nàna woado ŋɔdzi na o, togbɔ be wotso ƒome dzeaglã me ."

Maƒo nu tso sewo ŋu

le fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o.

Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ ̃ la, woakpɔ miaƒe nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã akpɔ.

Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea ,

ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie.

elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo wòtsɔ nyanyuie la de asi na la ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka ̃ɔ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me.

"Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o. Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe. Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo."

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-